Luke 17

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana nu vɔ̃ tsɔtsɔke kple xɔse ƒe dɔ ŋuti

(Mateo 18:6-7, 21-22; Marko 9:42)

1Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃ gake baba na ame si ate nɔvia kpɔ.”

2Enyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃. 3Eya ta minɔ ŋudzɔ.

“Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ eye ne etrɔ le eƒe dzime la, tsɔe kee.
4Ne eda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi eye wova zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzime,’ la ekema tsɔe kee.”

5Le ɣebubuɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”

6Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be neho yi ɖadze ƒu me eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.

7“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm eye wòtrɔ tso agble va aƒeme eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi eye naɖu nu’? 8Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwo ɖo eye nava subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu eye mano nu, le esia megbe wo hã naɖu nu nano nu oa’? 9Ɖe wòada akpe na dɔla la elabena ewɔ nu si wogblɔ nɛ be newɔa? 10Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be, ele be makafu mi o, elabena miaƒe dɔdeasi ko miewɔ!”

Dɔyɔyɔ anyidzela ewoawo

11Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi. 12Woge ɖe kɔƒe aɖe me eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, 13“Aƒetɔ Yesu kpɔ nublanui na mí!”

14Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe osɔfowo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.

15Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.” 16Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba eye woda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ ame siwo womebuna ɖe naneke me o.

17Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asieke mamleawo ya ɖe? 18Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”

19Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔsee da gbe le ŋuwò.”

Yesu ƒo nu le mawufiaɖuƒe la ƒe vava ŋuti

(Mateo 24:23-28, 37-41)

20Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be “Ɣekaɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge?” Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku o. 21Miate ŋu agblɔ be, edze egɔme tso afi sia alo dukɔ la ƒe akpa kemɛ o. Elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”

22Emegbe la Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadim be manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.”

23“Amewo ava gblɔ na mi be metro gbɔ eye mele afii alo afi mɛ. Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o.”

24“Elabena ne matrɔ gbɔ la mianya kokoko. Nye tɔtrɔ gbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le alilĩkpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe. 25Gake gbã la, ele be makpe fu vevie eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.”

26“Hafi matrɔ agbɔ la, xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Noa ŋɔli pɛpɛpɛ ene. 27Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.”

28“Xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo 29va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpexɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã.” 30Ẽ, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi matrɔ gbɔ la naɖo.

31“Ame siwo manɔ aƒe gbe ma gbe o la, megatrɔ yi aƒeme be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o.” Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒeme le dua me o. 32Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi! 33Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku eye ame si aku la atsi agbe. 34Le zã ma me la ame eve amlɔ abati ɖeka dzi eye woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.

35Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ evelia ɖi. 36Ame eve lanɔ agbleme woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.

37Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ afi kae woakplɔ wo ayi?”

Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Afi si wotsɔ nukukuwo ƒu gbe ɖo la, afi mae akagawo hã nɔna!”

Copyright information for EweBEE